(Go: >> BACK << -|- >> HOME <<)

Jump to content

Afadzato

Tso Wikipedia
Asitɔtrɔ si wowɔ le 00:38, 7 Adeɛmekpɔxe 2010 eye ame si wɔe nye Luckas-bot (dzeɖoƒe | nuŋɔŋlɔ) (robot Adding: ru:Афаджато)
File:MountAfadjato.jpg
Afadzato tso Liati Wote lɔƒo.

Afadzato enye to kɔkɔtɔ wu le Ghana dukɔa katã me, togbɔ be eƒe kɔkɔme nye 880m (alo 2900 ft) ko. To sia le Agumatsa toawo, siwo te ɖe Liati Wote kple Gbledi woŋuti la dome le Ghana ƒe Vɔlta nutome. To siawo woyi vaseɖe Ghana kple Togo dukɔa ƒe axadoƒe. Aduadu , si nye toa wodemtɔ ɖeka la ƒe tame kɔ wu Afadzato, gake womebunae abe to kɔkɔtɔwo o elabena enye to kpui le to kɔkɔ bubuwo ta me.

Wogblɔe be Afadzato ƒe ŋkɔ tso Avadzeto me. Gbe alo nutsetsewo siwo le toa dzi fiena ŋui na amewo ŋutɔ, eyata agbledelawo kpakple adelawo si dena toa dzi la yɔnae be "aʋa dze to".

Tagbo tsidzadza si medidi tso Afadzato gbɔ o la, enye nukpɔkpɔ tɔxe, si amedzrowo zɔa mɔ vayi kpɔna.