Dzove

Tso Wikipedia
The printable version is no longer supported and may have rendering errors. Please update your browser bookmarks and please use the default browser print function instead.
Ianus ƒe nɔnɔme si wome daɖi le Vatican Museum

Dzove (alo Yanuar) enye ɣleti gbãtɔ le ƒea me le Gregoria ɣletigbalẽa me. Ŋkeke blaetɔ-vɔ-ɖeka ye le ɣletia me. Le ɣleti siame la, pepi dona eye gbewo hã bina dzo.

Le blema ŋɔli la, Romatɔwo xɔese be Ianus nye mawu na agbowo, ʋɔtruwo, gɔmedzedzewo kple nuwuwuwo. Le esiata la, wotsɔ ŋkɔ na ɣleti gbãtɔ le ƒea me be Ianuarius si tso ianua si nye ʋɔtru le Latingbe me.

Tedoxe enye ɣleti gbãtɔ le blema ŋɔli gake tso ƒe 153 BC la, Romatɔwo trɔe, eye Dzove va zu ɣleti gbãtɔ.

Ŋkeke tɔxewo le Dzove me

Kpe si woyɔna be garnet le Eŋlisigbe me

Mɔkekewo

  • Ƒe yeye Ŋkeke - Dzove ƒe ŋkeke gbãtɔ
  • Martin Luther King Ŋkeke le United States - Dzoɖagbe etɔ̃lia
  • Australia Ŋkeke le Australia - Dzove 26
  • Republic Ŋkeke le India - Dzove 26

Nu bubuwo

Carnation seƒoƒo
  • Ɣleti sia ƒe seƒoƒo tɔxewo wonye "carnation" kple "snowdrop" le Eŋlisigbe me.
  • Dzove ƒe kpe xɔasi enye kpe si woyɔna le Eŋlisigbe me be garnet.

Nya siawo ƒe tsoƒe

Ɣletiawo le ƒea me
Dzove · Dzodze · Tedoxe · Afɔfiɛ · Damɛ · Masa · Siamlɔm · Dasiamime · Anyɔnyɔ · Kele · Adeɛmekpɔxe · Dzome